1 Peter 5

Na ametsitsiwo kple ɖekakpuiwo

1Nye, ame si nye hamemegã, Kristo ƒe fukpekpewo ɖaseɖila kple ame si hã akpɔ gome le ŋutikɔkɔe si woaɖe fia la me la, le edom ɖe hamemegã siwo le mia dome la gbɔ be, 2mianye Mawu ƒe alẽha si wotsɔ de miaƒe dzikpɔkpɔ te la ƒe kplɔlawo, mikpɔ wo ta, eye menye abe dɔdeasi ko ene o, ke boŋ kple dzidzɔ kpakple lɔlɔ̃nu nyui, abe ale si Mawu di tso mia si be miawɔe ene, menye kple ŋukeklẽ ɖe ga ŋuti o, ke boŋ kple subɔsubɔ ƒe didi nyuie; 3be miagaɖu tɔ ɖe hame si dzikpɔlawo woɖo mi la dzi o, ke boŋ mianye kpɔɖeŋu na alẽha la. 4Ekema ne Alẽkplɔlagã la ado la, miaxɔ ŋutikɔkɔefiakuku si ƒe keklẽ maklo akpɔ gbeɖe o.

5Nenema ke mi ɖekakpuiwo, mibɔbɔ mia ɖokui na ame tsitsiwo. Mido ɖokuibɔbɔ abe awu ene na mia ɖokuiwo ale be miate ŋu asubɔ mia nɔewo, elabena, “Mawu tsia tre ɖe dadalawo ŋu gake ekɔa eƒe amenuveve ɖe ɖokuibɔbɔlawo dzi.”

6Eya ta, azɔ la mibɔbɔ mia ɖokuiwo ɖe Mawu ƒe asi sesẽ la te, be ne ɣeyiɣi si woɖo la de la, wòakɔ mi ɖe dzi. 7Mitsɔ miaƒe dzimaɖitsitsiwo katã da ɖe eya amea dzi, elabena eya amea léa be na mi.

8Miɖu mia ɖokuiwo dzi eye mianɔ ŋudzɔ. Miaƒe futɔ, Satana, le tsatsam abe dzata si le gbe tem, le nu dim ne wòavuvu la ene. 9Minɔ te ɖe enu, minɔ tsitre sesĩe le xɔse la me, elabena mienyae be mia nɔvi siwo le xexeame godoo la le fu mawo ke me tom.

10Amenuveve katã ƒe Mawu la, ame si yɔ mi va eƒe ŋutikɔkɔe mavɔ la gbɔ le Kristo me, le fukpekpe sue aɖe ko megbe la, ŋutɔ aɖo mi te, ado ŋusẽ mi, ali ke mi eye wòaɖo mia gɔme anyi zã. 11Eya tɔ lanye ŋusẽ tso mavɔ me, yi mavɔ me. Amen.

Nuwunyawo kple gbedonamewo

12Meŋlɔ nu kpui sia ɖo ɖe mi to nɔvi Sila, ame si mebu nɔvi nuteƒewɔla la ƒe kpekpeɖeŋu me, le ŋusẽ dom mi eye kple ɖaseɖiɖi be esiae nye Mawu ƒe amenuveve nyateƒe tɔ la. Minɔ te sesĩe ɖe eme.

13Mia nɔvi, sinye hame si le Babilonia, si wotia kpe ɖe mia ŋu la ɖuɖɔ mi vevie, nenema ke vinye Marko hã do gbe na mi nyuie. 14Mitsɔ lɔlɔ̃nugbugbɔ do gbe na mia nɔewo. Ŋutifafa na mi ame siwo katã le Kristo me.

Copyright information for EweBEE